Galatians 1

1Nye, Paulo apɔstolo , (menye tso amewogbɔ alo o ame dzi o, gake to Yesu Kristo kple Mawu fofo si wofɔ ɖe tsitre tso kume), 2kple nɔvi siwo kata li kplim la, do ɖe Galatiatɔwo;

3amenuveve kple ŋutifafa na mi to Mawu mia fofo , kple mia aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ. 4Eya amesi tsɔ eɖokui na ɖe miaƒe nuvɔwo ta,bena yeaɖe mi ɖa le xixe vɔɖi si me miele la,hena mi Mawu fofo la ƒe lɔlɔnu ŋuti. 5Na ya amesi tɔ nye ŋuti kɔkɔe tso mavɔ me yiɖe mavɔ me. Amen.

6Ewɔ mo yaa nam be mietrɔ kaba yi nyanyui bu gbɔ, amesi ɖemi ɖa tso gbɔ, Amesi yɔ mi to Kristo ƒe amenuveve ta. 7Vɔ gake la nyanyui bubua ɖeke meli o, ke boŋ ameaɖewo dzinya le mia nu eye wo di be yewoa tɔtɔ kristo ƒe nyanyui la.

8Gake meganye miawo ha , alo Mawu dɔlawo tso dziƒo ha gblɔ nyanyui la na mi bubui la nezu busu. 9Tsa la miegblɔe eye miegale gblɔm fifia ha be ,” ne amea ɖe gblɔ nyanyui la na mi bubui ɖe esi miexɔ teƒe la , nezu busu nɛ”. 10Ɖe fifia medzi be maxɔ gbeta tso amewo gbɔ , alo Mawu gbɔa? Alo ɖe mele dzidzim be madze amegbetɔwo ŋua? Ne medze agbagba be madze amewo ŋu la , nye menye Kristo ƒe dɔla o.

11Ke nɔviwo minyae bena , nyanyui gblɔgblɔ metso ameaɖe ke gbɔ o. 12Nye mexɔe tso ame gbɔ o, eye womefiam ha o, ke boŋ enye ɖeɖefia to Yesu Kristo dzi nam.

13Mise tso ŋunye , nye agbe xoxo si menɔ le Yudatɔ nyenye , le tamesese , yometiti ɖe Mawu ƒe ha la ŋumakpa hele edome gblem. 14Tsala mede ŋgɔ le Yudatɔ nyenyeme le hanyevio siwo nye Yudatɔwo dome; tsala mewɔ esiawo kple dzodzo nyanyanya le miatɔgbui wo ƒe nuɖoanyi ŋuti.

15Ke enyɔ Mawu ŋu, eye wotsiam tso nɔnye ƒe adɔme eye woyɔm to eƒe amenuveve me 16ne woaɖe via fia le menye, eye magblɔ eƒe nyanyui la afia trɔsubɔlawo ,ke nye me bia ŋutila kple ʋu alo ameaɖeke o, 17ke nye meyi Yerusalem amesiwo do ŋgɔ nam zu apɔstolowo gbɔ o, ke boŋ meyi Arabia , eye metrɔ va Damasko.

18Ke eƒe etɔ megbe la metrɔ yi Yerusalem le Cephas gbɔ,ke mewɔ ŋukeke wuiatɔ. 19Ke nye mekpɔ apɔstoloawo dometɔ ɖeka o,Negbe Yakobo aƒetɔ la ƒe nɔvi ŋutsu. 20Kpɔɖa , Mawu ƒe ŋukumee meŋlɔ nusiawo na mi le , nyeme ka aʋatso o.

21Emegbe la me va Siria kple Kikilia nutowo me. 22Ke Kristo hame siwo le Yudea menyam le ŋukume o vɔ la ɖeko 23wosena wogblɔna bena “amesi tsi mia yome tsa la ,le xɔse si wogble tsa la ƒe nyanyui la gblɔm azɔ” eye wokafu Mawu le tanye.

24

Copyright information for EweULB